Romans 14

Migadrɔ̃ ʋɔnu mia nɔewo o

1Mixɔ nɔvi ɖe sia ɖe si adi be yeage ɖe hamea me la nyuie, ne eƒe xɔse mesẽ ŋu o hã. Migahe nya ɖe eŋu le eƒe susu siwo to vovo tso mia tɔwo gbɔ la ŋu le nu si nyo alo nu si menyo o la ta o. 2Le kpɔɖeŋu me, migahe nya kplii be enyo be wòaɖu lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo loo alo menyo o. Mixɔe se be nu vɔ̃ aɖeke mele nu sia me o, ke ame bubuwo ƒe xɔse gbɔdzɔ wu mia tɔ. Woawo bu be menyo o eye woagbe lãɖuɖu kura aɖu amagbewo ko ɖe lã ma tɔgbi ɖuɖu teƒe. 3Mele be ame siwo bu be enyo be woaɖu lã ma tɔgbi la nado vlo ame siwo mebui nenema o. Ne mienye ame siwo meɖui o la, migaɖe vodada na ame siwo aɖui o. Elabena Mawu xɔ wo be woanye ye viwo. 4Mawu ƒe subɔlawo wonye, menye miawo ƒe subɔlawo wonye o. Mawue wole agbe na, menye miawoe wole agbe na o. Mina Mawu nana woanya ne wo tɔ dzɔ loo alo wo tɔ medzɔ o. Mawu ate ŋu ana woawɔ nu si wòle be woawɔ.

5Ame aɖewo bu be ele be woawɔ kristotɔwo ƒe ŋkekenyuiwo kple ŋkeke tɔxɛwo ŋudɔ atsɔ asubɔ Mawu, ke ame aɖewo gblɔ be, menyo o eye wònye abunɛnu be woaɖe fu na ame ɖokui nenema, elabena ŋkeke sia ŋkeke nye Mawu tɔ. Ele be ame sia ame natso nya siawo tɔgbi me na eɖokui. 6Ne ŋkeke tɔxɛwo le mia si hena Aƒetɔ la subɔsubɔ la, miele agbagba dzem be yewoade bubu eŋu eye wònye nu nyui aɖe miele wɔwɔm. Nenema kee nye ame si ɖu lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo; eda akpe na Aƒetɔ la ɖe eta. Eya hã wɔe nyuie. Ame si madi be yeaɖu lã ma tɔgbi o la hã di be yeadze Aƒetɔ la ŋu eye wòle akpe dam. 7Menye aƒetɔwo míenye na mía ɖokuiwo be míanɔ agbe alo aku abe ale si míawo ŋutɔwo míatia la ene o. 8Ne míele agbe o, míeku o, míedzea Aƒetɔ la yome eye míenye etɔwo le go eveawo dometɔ ɖe sia ɖe me. 9Nu sia tututu tae Kristo ku eye wògatsi tsitre ale be yeate ŋu anye míaƒe Aƒetɔ ne míele agbe o, míeku o.

10Mèkpɔ mɔ nàɖe vodada na nɔviwò alo nàdo vloe o. Ɖo ŋku edzi bena mía dometɔ ɖe sia ɖe atsi tsitre ɖe Mawu ƒe Ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ. 11Elabena woŋlɔe ɖi bena Aƒetɔ la gblɔ be, “Esi mele agbe la, ame sia ame adze klo nam eye aɖe sia aɖe aʋu nya me na Mawu.” 12Nyateƒe ame sia ame ana akɔnta tso eɖokui ŋu na Mawu. 13Eya ta mègaɖe vodada na nɔviwò azɔ o. Le esia teƒe la, dze agbagba eye nànɔ agbe ale be mànye nuɖiaɖia na nɔviwò ne wòakpɔ wò nànɔ nu si eya bu be menyo o la wɔm o.

14Le nye ŋutɔ gome la, meka ɖe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋusẽ dzi be naneke megblẽ le lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo la ɖuɖu ŋu o. Ke ne ame aɖe ya xɔe se be menyo o la, ekema mele be wòaɖui o elabena menyo le eya gbɔ o. 15Eye ne nu si nàɖu anye nuɖiaɖia na nɔviwò la, mèle nu wɔm le lɔlɔ̃ me, ne èɖui o. Mègana wò nuɖuɖu nagblẽ nu le ame si ta Yesu ku ɖo la ŋu o. 16Mègawɔ nu si ana amewo naɖe vodada na wò o, togbɔ be ènya be nu si yewɔ la nyo hafi hã. 17Elabena le nuwo katã megbe la, nu si le vevie na mí kristotɔwo la, menye nu si míeɖu alo nu si míeno o, ke boŋ be míana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nana amenuveve, ŋutifafa kple dzidzɔ mí. 18Ne miena Kristo nye Aƒetɔ le nu siawo me la, dzi adzɔ Mawu eye ame bubuwo hã akpɔ dzidzɔ. 19Eya ta mina miaƒe taɖodzinu nanye be nusɔsɔe nanɔ hamea me eye miadze agbagaba ado ŋusẽ mia nɔewo.

20Migana lãkɔ ɖeka nagblẽ Mawu ƒe dɔwɔwɔ me o. Miɖo ŋku edzi be naneke megblẽ le lã ŋu o, ke enye nu vɔ̃ be nàɖui eye wòazu nuɖiaɖia na ame bubu. 21Nu nyuitɔ si nàwɔe nye nàɖe asi le lãɖuɖu alo ahanono alo nu sia nu si wɔwɔ aɖia nɔviwò nu alo ana wòawɔ nu vɔ̃ la ŋu. 22Ànya be nu gbegblẽ aɖeke mele nu si yewɔ la ŋu le Mawu gɔ̃ hã gbɔ o, ke wɔe na ɖokuiwò ko. Mègaɖe wò nu si nèxɔ se be enyo la fia le ame bubu siwo nu wòaɖia la ŋkume o. Le go sia me la, woayra ame si mewɔ nu vɔ̃ to nu si wònya be enyo la wɔwɔ me o. 23Ke ame sia ame si xɔ se be nu si yedi be yeawɔ menyo o la, mele be wòawɔe o. Ne ewɔe la, ewɔ nu vɔ̃ elabena ebu be menyo o, eya ta nua menyo na eya o. Nu sia nu si wòawɔ to nu si wònya be enyo gbɔ la, nye nu vɔ̃.

Copyright information for EweBEE